Matthew 16:13-20

Petro ʋu Yesu me

(Marko 8:27-30; Luka 9:18-21)

13Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo bena, “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be menye?”

14Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be Yohanes Mawutsidetanamela nenye. Ɖewo be Eliyae nènye bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”

15Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?”

16Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mesia la, kple Mawu gbagbe la ƒe Vi.”

17Yesu gblɔ nɛ bena, “Mawu ne yra wò, Simɔn Yona vi. Elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. 18Nye hã mele egblɔm na wò bena, Wòe nye petro si gɔmee nye kpe eye nenem kpe gbadza sia dzie maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o. 19Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”

20Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie bena womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Mesia la o.

Copyright information for EweBEE